Matthew 21:1-11

Yesu yi Yerusalem abe dziɖula ene

(Marko 11:1-11; Luka 19:28-38; Yohanes 12:12-19)

1Esi wòsusɔ vie Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo naɖo Yerusalem la, wova ɖo du aɖe si woyɔna be Betfage si le Amitoa ŋu la me. Le afi sia la, Yesu dɔ eƒe nusrɔ̃la eve ɖo ɖe kɔƒe aɖe si le wo ŋgɔ la me.

2Egblɔ na wo bena, “Ne miege ɖe kɔƒea me ko la, miakpɔ tedzinɔ aɖe kple via le ka me. Mitu ka wo eye miakplɔ wo vɛ. 3Ne ame aɖe bia gbe mi la, migblɔ nɛ ko be, ‘Aƒetɔ lae le wo hiãm,’ eye ne miegblɔ esia la womagabia nya aɖeke mi o.”

4Wowɔ esia be woatsɔ wu nyagblɔɖi si wogblɔ da ɖi le blema ke nu bena, 5“Migblɔ na Zion vinyɔnuvi la bena, Wò Fia gbɔna gbɔwò, edo tedzi kple tedzivi, si nye dɔwɔlã!”

6Nusrɔ̃la eveawo wɔ ɖe Yesu ƒe gbe dzi, 7eye woyi ɖakplɔ tedziawo vɛ nɛ. Azɔ wotsɔ woƒe awuwo ɖo tedziawo dzi eye Yesu bɔbɔnɔ wo dzi. 8Ame geɖewo ŋutɔ le ameha la dome tsɔ woƒe avɔwo kple awuwo ɖo ɖe mɔtata dzi le eŋgɔ, bubuwo hã ŋe deʋayawo kple atilɔwo ɖo ɖe eŋgɔ be wòazɔ wo dzi. 9Ameha la ƒe akpa aɖe dze eŋgɔ eye bubu hã kplɔe ɖo kplikplikpli nɔ ɣli dom bena,

“Hosana na Fia David Vi la, woayra ame si gbɔna le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me, Hosana le dziƒo vĩ.”
10Esi Yesu ge ɖe Yerusalem dua me la, zi gã aɖe ŋutɔ tɔ, ame sia ame kloe nɔ biabiam be, “Ame kae nye ame sia mahã?”

11Ame siwo nɔ Yesu ŋu la ɖo eŋu be, “Eyae nye Yesu, nyagblɔɖila si tso Nazaret le Galilea.”

Copyright information for EweBEE